2 Timothy 4

1Eya ta mele gbe tem ɖe edzi na wò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo gbe ɖeka ne eva do be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe la gɔme anyi la, ŋkume be, 2nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo ɣeawokatãɣi, ɣesiaɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo eye naka mo na wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze eye natsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣesiaɣi.

3Elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime amewo magaɖo to nyateƒe la o, ke boŋ woanɔ tsatsam anɔ nufiala siwo agblɔ nya siwo woawo ŋutɔ adi be yewoase la dim. 4Womaɖo to nu si Biblia le fifiam o, ke boŋ woadze woawo ŋutɔ ƒe susu tatrawo yome dzidzɔtɔe.

5Nɔ te sesĩe eye mègavɔ̃ fukpekpe le Aƒetɔ la ta o. Kplɔ ame bubuwo vɛ na Kristo. Mègagbe nu sia nu si wòle na wò be nawɔ la wɔwɔ o.

6Elabena nye la, wole trɔyem ƒo ɖi xoxo abe nunovɔsa ene eye nye ɣeyiɣi de na dzodzo. 7Meʋlĩ ʋiʋlĩ nyui la, mewu duɖimekeke la nu eye melé xɔse la me ɖe asi. 8Ke azɔ la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe fiakuku ɖo ɖi nam esi Aƒetɔ, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, anam le ŋkeke ma dzi, eye menye nye ɖeka koe wòanɛ o, ke boŋ ame siwo katã le mɔ kpɔm vevie na eƒe vava.

Paulo ƒe dɔdeasi mamlɛtɔwo na Timoteo

9Do vevi be nàva gbɔnye kaba, 10elabena Ɖema gblẽm ɖi hedzo yi Tesalonika elabena elɔ̃ xexe sia me. Kresken hã dzo yi Galatia. Nenema ke Tito hã dzo yi Dalmatia. 11Luka koe li kplim. Di Marko eye nàkplɔe ɖe asi vɛ elabena ekpena ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. 12Medɔ Tikiko hã ɖe Efeso 13Ne ègbɔna la, tsɔ awuʋlaya si megblẽ ɖe Karpo gbɔ le Troa vɛ nam. Nenema kee nye agbalẽawo hã, vevietɔ lãgbalẽtɔwo.

14Aleksandro, akɔblinutula la wɔ nu vevi geɖem. Aƒetɔ la ahe to nɛ 15ke kpɔ nyuie le eŋu elabena etsi tsitre ɖe nu sia nu si míegblɔ la ŋu.

16Zi gbãtɔ si wohem yi ʋɔnudrɔ̃la ŋkume la, ame aɖeke menɔ afi sia akpe ɖe ŋunye o, ame sia ame si dzo. Mele mɔ kpɔm be womabu fɔ wo ɖe nu sia ta o. 17Ke Aƒetɔ la nɔ ŋunye eye wòna mɔkpɔkpɔm be magblɔ mawunya dzideƒotɔe na xexeame katã nase. Ekpe ɖe ŋunye hã be wometsɔm na dzatawo o. 18Ẽ, Aƒetɔ la aɖem ɣesiaɣi tso vɔ̃wo katã me eye woakplɔm ayi eƒe dziƒofiaɖuƒe la me. Ŋutikɔkɔe woana Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

Gbedonamewo kple kaklãnyawo

19Do gbe na Priskila kple Akwila kpakple ame siwo le Onisiforo ƒe aƒeme la nam. 20Erasto le Kɔrinto eye megblẽ Trofimo, ame si dze dɔ la, ɖe Mileto.

21Dze agbagba nava ɖo afi sia hafi vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo, Pude, Lino, Klaudia kple ame bubuawo katã do gbe na wò. 22Aƒetɔ la nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.

Copyright information for EweBEE